Acts 15

Hametakpekpe le Yerusalem

1Le ɣeyiɣi si me Paulo kple Barnaba nɔ Antioxia la, ame aɖewo tso Yudea va Antioxia dua me. Ame siawo va nɔ nu fiam Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu kristotɔwo la be, ehiã vevie be woatso aʋa na wo abe ale si Yudatɔwo wɔnɛ ene, hafi woakpɔ ɖeɖe. 2Paulo kple Barnaba melɔ̃ ɖe nya sia dzi kura o ale wohe nya kple nenem me siawo vevie. Mlɔeba la, Antioxia ha la ɖe hametɔ aɖewo kpe ɖe Paulo kple Barnaba ŋu heɖo wo ɖe Yerusalem be woayi aɖadzro nya sia me kple apostoloawo kple hamemegãwo anya woƒe susu le eŋu ava gblɔ na yewo. 3Ha blibo la katã yi ɖaɖo ame dɔdɔawo ɖa va se ɖe Antioxia dua godo, eye woyi woƒe mɔzɔzɔ dzi. Le mɔa dzi la, ame dɔdɔawo tɔ ɖe Foenike kple Samaria du siwo le mɔa dzi la me eye wogblɔ ale si Mawu le dɔ wɔm le Trɔ̃subɔlawo dome la na xɔsetɔ siwo le afi ma. Nya sia do dzidzɔ blibo na ame sia ame si see.

4Ame dɔdɔawo va ɖo Yerusalem eye wowɔ takpekpe kple apostoloawo kple hamemegãwo katã. Paulo kple Barnaba ƒo nu tso dɔ si wɔm Mawu le to wo dzi le teƒe vovovowo la ŋu na wo. 5Ke enumake, ame siwo nye Farisitɔwo tsã hafi trɔ zu kristotɔwo la, tsi tre eye wogblɔ be ele be woatso aʋa na Trɔ̃subɔla siwo trɔ zu xɔsetɔwo katã eye woawɔ ɖe Yudatɔwo ƒe sewo kple kɔnuwo katã hã dzi pɛpɛpɛ. 6Nya sia na be apostoloawo kple hamemegãwo gaɖo ŋkeke be yewoabu tame le nya la ŋu nyuie.

7Esi ŋkekea ɖo la wo katã wogava ƒo ƒu eye wodzro nya sia me ɣeyiɣi didi aɖe. Mlɔeba la, Petro tsi tre heƒo nu na wo gblɔ be, “Nɔvinyewo, miawo ŋutɔ mienya be anɔ abe ƒe aɖewo nye esi va yi ene la, Mawu tiam le mia dome eye wòɖom ɖa be magblɔ nyanyui la na Trɔ̃subɔlawo ale be woawo hã woaxɔ se azu kristotɔwo. 8Mawu si nya amegbetɔ ɖe sia ɖe ƒe dzime la, xɔ wo hena Gbɔgbɔ Kɔkɔe la wo abe ale si wòna míawo hã ene. 9Mede vovototo aɖeke mí kple woawo dome o elabena eɖe woƒe nu vɔ̃wo ɖa tso xɔse me abe míawo ke ene. 10Ke nɔvinyewo, nu ka ta miedi be miate Mawu kpɔ adi be yewoatsɔ agba kpekpe si míawo ŋutɔ kple mía tɔgbuitɔgbuiwo mete ŋu tsɔ o la da ɖe woawo dzi be woatsɔ mahã? 11Ao, ɖe miexɔe se kpɔ be Aƒetɔ Yesu, si nye Mawu ƒe nunana la dzi koe ame sia ame ato akpɔ ɖeɖe oa?”

12Le nuƒo sia megbe la ƒuƒoƒea zi ɖoɖoe eye nyahahe aɖeke megayi edzi o. Esia na mɔnu Paulo kple Barnaba be wogblɔ nukunu gã siwo Mawu wɔ to wo dzi le Trɔ̃subɔlawo dome la na wo. 13Esi woawo hã ƒe gbe dze anyi la, Yakobo hã tsi tre heƒo nu gblɔ be, “Tɔnyetɔwo, miɖo tom. 14Petro gblɔ ale si Mawu ŋutɔ tia amewo tso Trɔ̃subɔlawo dome bena woasubɔ ye ade bubu yeƒe ŋkɔ ŋuti la na mi. 15Trɔsubɔla siwo trɔ zu Kristotɔ siawo ƒe nya sɔ kple nyagblɔɖila Amos ƒe nyagblɔɖi sia be 16‘Le nu siawo megbe la magatrɔ ava eye magatu David ƒe aƒe si mu dze anyi la, magagbugbɔ aɖo eƒe gli gbagbãwo eye mafɔ wo ɖe tsitre, 17ale be ame susɔewo adi Aƒetɔ la kple Trɔ̃subɔla siwo ŋu woyɔ nye ŋkɔ ɖo la, Aƒetɔ la, ame si wɔa nu siawo katã lae gblɔe.’ 18Esiae nye nu si Aƒetɔ, ame si ɖe eƒe ɖoɖo si wòwɔ tso gɔmedzedzea me fia mí la, gblɔ.

19“Esia ta nye nyametsotsoe nye be, mehiã be míaɖe fu na ame siwo trɔ va Mawu gbɔ la o. 20Ke ɖe ko míabia tso wo si be woadzudzɔ lã siwo wotsɔ sa vɔe na trɔ̃wo kple lã siwo tsi ʋu me la ɖuɖu eye hekpe ɖe esiawo ŋu la, woadzudzɔ ahasiwɔwɔ. 21Elabena tso blema ke la, nu siawo nye kɔ na Yudatɔwo eye woƒoa nu le wo ŋu le Sabat sia Sabat dzi le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo.”

Hametakpekpe la ƒe agbalẽ na Hela kristotɔwo

22Azɔ la apostoloawo kple hamemegãwo katã va lɔ̃ ɖe edzi be yewoaɖe ame aɖewo woakplɔ Paulo kple Barnaba ɖo ayi Antioxia be woaɖagblɔ nu si dzi woɖo kpee la na hame si le afi ma. Wotia hamemegã eve be woayi. Woawoe nye Yuda si wogayɔna be Barsaba kple Sila.

23Woŋlɔ agbalẽ de ame dɔdɔawo si eye emenyawo yi ale, “Mía nɔvi Trɔ̃subɔla siwo trɔ̃ zu xɔsetɔwo le Antioxa, Siria kple Kilikia, mixɔ gbedoname tso apostoloawo, hamemegãwo kple mia nɔvi siwo le Yerusalem la gbɔ.

24“Míese be xɔsetɔ aɖe siwo tso mía gbɔ le afii la va mia dome eye wova gblɔ nya aɖewo, siwo ɖe fu na miaƒe susu eye woʋuʋu miaƒe xɔse kple ɖeɖekpɔkpɔ la na mi. Míedi be mianya be, menye míawoe dɔ ame siawo ɖo ɖe mi o. 25Ke esi míawo hã miebu nya la ŋu eye mí katã míeɖo kpe nu si nye nyateƒea dzi vɔ la, míeɖoe be anye susu nyui aɖe ŋutɔ be míaɖe ame dɔdɔ eve siwo woakplɔ mía nɔvi lɔlɔ̃awo, Paulo kple Barnaba, ɖo ava mia gbɔ. 26Ame dɔdɔ eve siawo nye Yuda kple Sila, ame siwo tsɔ woƒe agbe ke faa na míaƒe Aƒetɔ Yesu Kristo. 27Míeka ɖe dzi be ame siawo aƒo nu aɖo kpe nu si nye míaƒe susu le nya siwo le fu ɖem na míaƒe susuwo la dzi na mi. 28Míekpɔe dze sii be enyo Gbɔgbɔ Kɔkɔe la kple míawo hã ŋu be menyo be míatsɔ agba gã aɖeke ada ɖe mia dzi wu nu vevi siawo ko o, 29be miatsri trɔ̃wo ƒe vɔsawo kple ʋu kpakple lã tsiʋumewo ɖuɖu eye miatsri ahasiwɔwɔ hã. Ne miekpɔ mia ɖokui dzi nyuie le nu siawo me la, ekema miewɔe nyuie. Minɔ anyi nyuie.”

30Ame dɔdɔ eneawo dze mɔ ɖo ta Antioxia enumake. Esi wova ɖo la woƒo kristotɔwo katã nu ƒu eye wotsɔ gbedeasia ɖo woƒe ŋkume. 31Esi woxlẽ agbalẽa eye wose emenyawo la, hame bliboa kpɔ dzidzɔ manyagblɔ aɖe. 32Hekpe ɖe agbalẽa ŋu la, Yuda kple Sila ame siwo nya Mawu ƒe nya nyuie la gaƒo nu geɖe na hamea hedo ŋusẽ woƒe xɔse. 33Wonɔ Antioxia ŋkeke geɖe hafi wodo mɔ wo kple dzidzɔgbedoname tso Antioxia hamea gbɔ vɛ na Yerusalem hame si dɔ wo ɖa. 34Ke enyo Sila ŋu be yeatsi afi ma. 35Paulo kple Barnaba hã gatsi Antioxia hena kpekpeɖeŋu ame siwo nɔ mawunya gblɔm henɔ nu fiam amewo le afi ma.

Paulo kple Barnaba ƒe mama

36Le ŋkeke aɖewo megbe la, Paulo doe ɖe Barnaba gbɔ be, “Na míagbugbɔ ayi aɖakpɔ nɔvi siwo le du siwo me míegblɔ Aƒetɔ la ƒe nya la le la, akpɔ ale si wole zɔzɔmii la ɖa.” 37Barnaba lɔ̃, ke edi be yewoatsɔ Yohanes, si woyɔna be Marko la, akpe ɖe yewo ɖokui ŋu. 38Ke le ale si Marko gblẽ wo ɖi le Pamfilia eye meyi dɔa dzi kple wo o ta la Paulo mebui be enyo be wòagayi kpli yewo o. 39Nu sia he masɔmasɔ de Paul kple Barnaba dome ale gbegbe be wo dome ma. Barnaba kplɔ Marko ɖe asi eye woɖo tɔdziʋu yi Kipro. 40Ke Paulo hã tsɔ Sila kpe ɖe eɖokui ŋu, eye nɔviawo tsɔ wo de asi na Aƒetɔ la ƒe amenuveve. 41Woto Siria kple Kilikia nutowo me henɔ ŋusẽ dom hame siwo nɔ afi ma.

Copyright information for EweBEE